Ephesians 1

1Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃a siwo le Efeso, mi ame siwo lé Aƒetɔ la ƒe nya la me ɖe asi sesĩe; nye Paulo, ame si Mawu tia be manye Kristo Yesu ƒe dɔtsɔla lae le agbalẽ sia ŋlɔm na mi. 2Mawu, mía Fofo kple Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ ƒe yayra kple ŋutifafa nanɔ anyi kpli mi.

Gbɔgbɔmeyayrawo le Kristo Yesu me

3Míetsɔ kafukafu geɖe na Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, ame si tsɔ yayra ɖe sia ɖe si le dziƒo la kɔ ɖe mía dzi duu le esime míenye kristototɔwo la ta. 4Le blema, hafi wòva wɔ xexeame gɔ̃ hã la, Mawu tia mí be míanye eya ŋutɔ tɔwo, to dɔ gã si Kristo ava wɔ na mí la dzi. Eɖoe ɣemaɣi ke be yeawɔ mí ame kɔkɔe, maɖifɔwoe le eƒe ŋkume. Míawoe nye ame siwo le eƒe ŋkume eye eƒe lɔlɔ̃ ƒo xlã mí. 5Ɖoɖo matrɔmatrɔ si wòwɔ ɖe mía ŋuti tso ɣeaɖeɣi ke nye be wòaxɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒome la me. Mawu wɔ esia esi wòɖo Yesu Kristo ɖa be wòaku ɖe mía ta. Ewɔ esia to eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu me!

6Azɔ la mitsɔ kafukafuwo katã na Mawu ɖe eƒe dɔmenyo gã na mí ta. Mikafui ɖe eƒe amenuveve sɔgbɔ si wòkɔ ɖe mía dzi la ta, elabena míenye Via lɔlɔ̃ la tɔ. 7Eƒe dɔmenyonyo la gbã go ɖe mía dzi ale gbegbe be wòɖe míaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa to Via ƒe ʋu la me, ame si dzi wòto ɖe mí; 8eye etsɔ eƒe amenuveve xɔasi la kɔ ɖe mía dzi duu, elabena ese mía gɔme nyuie eye wònya nu si nyo na mí ɣesiaɣi.

9Mawu gblɔ eƒe susu ɣaɣla si ta wòɖo Kristo ɖa la na mí. Ewɔ ɖoɖo sia le blema ke ɖe nublanuikpɔkpɔ na mí ta. 10Eƒe taɖodzinue nye be, ne ɣeyiɣi si wòɖo ɖi la de la, aƒo mí katã nu ƒu tso afi sia afi si míele, eɖanye dziƒo alo anyigbadzi, bena míanɔ egbɔ le Kristo me, tso mavɔ me yi mavɔ me. 11Gawu la, le nu si Kristo wɔ ɖe mía nu ta la, míezu nunana xɔasi siwo ŋuti Mawu kpɔa dzidzɔ le, elabena abe ɖoɖo gã si Mawu wɔ la ƒe akpa aɖe ene la, etia mí tso gɔmedzedzea me ke be míanye ye tɔwo eye nu siawo katã le eme vam pɛpɛpɛ abe ale si wòɖoe tso blema ke ene. 12Mawu ƒe ɖoɖo le nu sia mee nye be, mí ame siwo nye ame gbãtɔ siwo dze si Kristo la, míakafui atsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, ɖe dɔ gã siwo katã wòwɔ na mí la ta.

13Eye ɖe dɔ gã si Kristo wɔ ta la, mi ame bubu siwo ke hã se nyanyui la tso ale si ame akpɔ ɖeɖe ŋu, eye miexɔ Kristo dzi se la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si ŋugbe wodo na mí kristotɔwo tso blema ke la, ŋutɔ de dzesi mi be mienye kristotɔwo. 14Eƒe mía me nɔnɔ nye kpeɖodzi tso Mawu gbɔ be awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo na mí la godoo. Gbɔgbɔ la ƒe mía me nɔnɔ fia bena Mawu ƒle mí xoxo eye wòɖo kpe edzi be yeakplɔ mí ava eɖokui gbɔe. Esiae ganye susu ɖeka si tae wòle be míakafu míaƒe Mawu, Ŋutikɔkɔetɔ la.

Akpedada kple gbedodoɖa

15Esia tae tso ɣeyiɣi si dzi mese xɔse si le mia si le Aƒetɔ Yesu me kple lɔlɔ̃ si le mia me na amekɔkɔewo katã la, 16nyemedzudzɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta o eye meɖoa ŋku mia dzi ɖaa le nye gbedodoɖawo me. 17Mebiaa Mawu, si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Fofo la, be wòana mawumenunya kple ɖeɖefia mi be miaganyae ɖe edzi wu. 18Medoa gbe ɖa be kekeli nayɔ miaƒe dziwo me fũ bena miakpɔ nu siwo gome kpɔ ge miegbɔna la ƒe ɖe do ŋgɔ. Medi be mianya be esi wotsɔ mí ame siwo xɔ Kristo dzi se la na Mawu ta la esia wɔe be kesinɔnu gã aɖe ɖo Mawu si! 19Medoa gbe ɖa be, miade asi ale si eƒe ŋusẽ tri akɔe le kpekpeɖeŋunana ame siwo xɔa edzi se me la gɔmesese me. 20Ŋusẽ triakɔ sia kee fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome eye wòtsɔe ɖo bubuteƒe le Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo. 21Teƒe si kɔ sasasã wu fia dziɖula kple kplɔla ɖe sia ɖe tɔ. Ẽ, ŋutikɔkɔe le eƒe bubu ŋu wu ame sia ame tɔ le xexe sia me loo alo xexe si gbɔna la me. 22Mawu tsɔ nuwo katã de eƒe afɔ te eye wòwɔe kristohamea katã ƒe tatɔ gãtɔ.

23Hame sia nye eya ŋutɔ ƒe ŋutilã. Eyɔ hame la fũ, eye wòganye nu sia nu si le afi sia afi la ƒe gɔmedzela kple enala.

Copyright information for EweBEE